Ecclesiastes 4:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖekakpui ma tɔgbi ate ŋu ado go le gaxɔ me eye xexea me adze edzi nɛ. Ate ŋu aɖu fia gɔ̃ hã togbɔ be wodzii ɖe ahedada me hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eya la gaxɔ mee wotso, ne woava ɖu fia, eye ahedada me wodzii ɖo ɖe fiaɖuƒe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woate ŋu aɖe ɖekakpui sia tso gaxɔ me teti ko aɖo fiae, togbɔ be ahedada mee wodzii ɖo le fiaɖuƒe la me hã.