Ecclesiastes 4:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia hã ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dukɔ, siwo katã nu wole la seƒeɖo meli na wo o; ke wo megbeviwo meva kpɔ dzidzɔ de eŋu o. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eteviwo sɔ gbɔ fũu, womanyaxlẽ o. Gake dzidzime siwo ava emegbe la makpɔ dzidzɔ le eŋu o. Nyateƒe, esia hã nu dzodzro kple yadɔ ko wònye.