Ecclesiastes 4:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyae nye amemanɔsitɔ ƒe nya: viŋutsu mele esi o; nɔviŋutsu hã meli o. Gake dagbadagba dzi ko wòle madzudzɔmadzudzɔe. Ne ekpɔ kesinɔnu hã la, meɖia ƒo nɛ gbeɖe o. Mebiaa eɖokui be: Ame ka tae mele hloloe tsom alea, gbe nu le ɖokuinye gbɔ hegbe agbeɖuɖu? Esia hã nu dzodzro ko wònye; dɔ vloe.