Ecclesiastes 8:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe mekpɔ woɖe ame vɔ̃ɖiwo yɔ me, eye woyi gbɔɖemeƒe; ke ele na amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe la be, woaʋu adzo le teƒe kɔkɔe la, eye woŋlɔ wo be le dua me. Esia hã tofloko wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ mekpɔ ale si woɖi ame vɔ̃ɖiwoe. Le woƒe agbenɔɣi la, wodea Mawu ƒe kɔkɔeƒe la enuenu, eye wokafua wo le du si me wowɔ nuvɔ̃ɖi le la me. Esia hã nu dzodzro ko wònye.