Ecclesiastes 8:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu trama aɖe le dzɔdzɔm le anyigba la dzi, edzena abe ɖe Mawu nana dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe ame nyui aɖewo dzi abe ame vɔ̃ɖiwoe wonye ene, eye wònana dzɔgbenyui ame vɔ̃ɖi aɖewo abe ame nyuiwo wonye ene. Esiawo katã hã nye tofloko ko!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nu dzodzroa wònye dzɔna le anyigba dzi be: Ame dzɔdzɔea ɖewo li nya dzɔna ɖe wo dzi le eme vɔ̃ɖiwo ƒe nuwɔwɔ nu, eye ame vɔ̃ɖia ɖewo li nya dzɔna ɖe wo dzi le ame dzɔdzɔewo ƒe nuwɔwɔ nu. Mebe: Esia hã toflokoe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu dzodzro aɖe hã dzɔna le anyigba dzi. Ame dzɔdzɔe aɖewo li siwo dzi nya dzɔna ɖo abe ame vɔ̃ɖi wonye ene. Nenema ke ame vɔ̃ɖi aɖewo hã li siwo dzi nya dzɔna ɖo abe ame dzɔdzɔe wonye ene. Mebe esia hã nye nu dzodzro ko!