Ecclesiastes 8:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
tete mekpɔ nu siwo katã Mawu wɔ. Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme hã la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu hã la, mate ŋu ase egɔme wòade o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
mekpɔ Mawu ƒe dɔwo katã be, amegbetɔ menya ta le nusiwo le ɣea te la nu o, eye ne amegbetɔ le kutri kum le edim hã, menya ta le enu o, eye ne nunyala be, yedze sii hã la, manya ta le enu akpɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
mekpɔ dze sii le Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu be ame aɖeke mate ŋu anya ta le nu siwo le edzi yim le ɣea te la nu o. Ale ke kee gbetɔ dze agbagba be yease nuwo gɔmee hã la, mate ŋu anya ta le wo nu gbeɖe o. Togbɔ be nunyala gblɔna be yenya nane hã la, mate ŋu ase Mawu ƒe dɔwɔwɔwo gɔme akpɔ o.