Ecclesiastes 9:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nunyala aɖe si nye ŋutsu dahe aɖe la nɔ du sia me. Enya nu si wòawɔ aɖe dua. Ewɔe, eye wòɖe dua tso futɔwo ƒe asime. Ke emegbe la, ame aɖeke megaɖo ŋku ŋutsu sia dzi kura o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋutsu ɖahe nyanua ɖe le eme; eyae tsɔ eƒe nunya xɔ du lae; ke amea ɖeke medo ŋku ŋutsu dahe ma dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame dahe nyanu aɖe nɔ dua me. Eya tsɔ eƒe nunya xɔ na du la. Gake ame aɖeke megaɖo ŋku ame dahe la dzi emegbe o.