Ecclesiastes 9:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o. Ale si wòle na ame nyui la, nenema kee wòle na nu vɔ̃ wɔla hã. Ale si wòle na ame siwo kaa atam la, nenema kee wòle na ame siwo vɔ̃a atamkaka.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nu ɖeka ƒomevie kpea amewo katã: Nya ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi, ame nyui, eme dzadzɛ kple eme madzamadza, vɔsala kple eme masavɔ, ame nyui kple nuvɔwɔlm atamkala kple amesi atam dzia ŋɔ na la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu ɖeka ƒomevie kpea amewo katã. Nya ɖeka tɔgbee dzɔna ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi, ame nyui, ame dzadzɛ kple ame madzamadza, ame si saa vɔ kple ame si mesaa vɔ o la siaa dzi. Ale si wòle na nu nyui wɔla la, nenema ko wòle na nuvɔ̃wɔla hã. Ale si wòle na ame si kaa atam la, nenema ko wòle na ame si vɔ̃a atamkaka la hã.