Ecclesiastes 9:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu si vɔ̃ɖi le nu siwo katã dzɔna le ɣea te la domee nye be nya ɖekae dzɔna ɖe amewo katã dzi. Ẽ, gawu la, amegbetɔ ƒe tame yɔ fũu kple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ. Eƒe agbenɔnɔ blibo la nye aɖaʋadzedze, eye eya megbe ko la, edzo yi tsiẽƒe.