Ecclesiastes 9:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu sia nu si wowɔ le woƒe agbenɔɣi, abe lɔlɔ̃, fuléle alo ŋuʋaʋã ene la, woŋlɔ wo be keŋkeŋ eye wɔƒe aɖeke megale wo ŋu le xexe sia me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woƒe emelɔlɔ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, eye womagakpɔ gome le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woƒe amelɔlɔ̃, fuléle kple ŋuʋaʋã nu yi xoxoxo. Womagakpɔ gome le nu siwo katã dzɔna le ɣea te la me gbeɖe o.