Ephesians 1:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia be Mawu ƒle mí xoxo, eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi nye miaƒe domenyinyi ƒe awɔbanu hena ye ŋutɔ tɔwo ƒe ɖeɖe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbɔgbɔ siae nye kpeɖodzinu na mí be míawo hã míele Mawu ƒe dome nyi ge godoo. Kpeɖodzinu sia anɔ mía si va se ɖe esime domenyinu la nava su mía si bliboe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia bena Mawu ƒle mí xoxo eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe. Esiae ganye susu ɖeka si tae wòle be míakafu míaƒe Mawu, Ŋutikɔkɔetɔ la.