Ephesians 1:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
abe alesi ke wòtia mí le eyama me, hafi wòɖo xexeame gɔme anyi ene, bene mianye kɔkɔeawo kple mokaka manɔŋutɔwo le eƒe ŋku me,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Hafi Mawu nawɔ xexea me la, etia mí da ɖi xoxo, be míava wɔ ɖeka kple Kristo, ale be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu mokaka manɔ o la le eŋkume.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le blema, hafi wòva wɔ xexeame gɔ̃ hã la, Mawu tia mí be míanye eya ŋutɔ tɔwo, to dɔ gã si Kristo ava wɔ na mí la dzi. Eɖoe ɣemaɣi ke be yeawɔ mí ame kɔkɔe, maɖifɔwoe le eƒe ŋkume. Míawoe nye ame siwo le eƒe ŋkume eye eƒe lɔlɔ̃ ƒo xlã mí.