Ephesians 5:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena kekeli nana nu sia nu dzena gaglãa. Esia ta woŋlɔ ɖi be, “O, alɔ̃dɔla nyɔ, fɔ tso ame kukuwo dome, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyaŋuti la wogblɔ be: Nyɔ, wò amesi le alɔ̃ dɔm la, ne natsi tre tso ame kukuwo dome, eye Kristo ahlẽ ɖe dziwò!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia ta wogblɔ be: “Nyɔ, wò alɔ̃dɔla, fɔ tso ame kukuwo dome, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
elabena kekelie nana wokpɔa nu sia nu. Esia tae woŋlɔ ɖi be, “O, alɔ̃dɔla nyɔ, nyɔ tso ku me, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.”