Ephesians 6:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mina Gbɔgbɔ la nakplɔ mi mianɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi. Mibia Mawu vevie be wòakpe ɖe mia ŋu. Le esia ta la, mido vevie mianɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa vevie ɖe ame siwo katã ŋuti wokɔ la ta.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mibia nu sia nu si miedi la Mawu, gake miaƒe didiwo nasɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe lɔlɔ̃nu dzi. Minɔ kukuɖeɖe dzi nɛ ɖaa, eye miɖo ŋku miaƒe hiahiãwo dzi nɛ ɣesiaɣi. Mido gbe ɖa atraɖii ɖe kristotɔ siwo katã le afi sia afi la ta.