Esther 8:13 — Compare Translations
2 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wona be woawɔ fia la ƒe gbedeasi wòazu se le nuto ɖe sia ɖe me, eye woakakae na gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe ale be Yudatɔwo anɔ klalo le ŋkeke ma dzi ne woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Agbalẽ la me nya enye si: Woade se le anyigba vovovoawo dzi, eye woana dukɔwo katã nanyae be: Yudatɔwo nadzra ɖo ɖi le ŋkeke sia dzi, eye woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo.