Exodus 10:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mose do eƒe atikplɔ ɖe dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya aɖe ƒo le ŋkeke kple zã blibo la me. Esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la he ʋetsuviwo vɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Mose do eƒe atikplɔ ɖe Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya ƒo ɖe anyigba la dzi ŋkeke blibo la katã kple zã blibo la katã, eye esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la kplɔ ʋetsuviwo vɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose do eƒe atizɔti la ɖe Egipte-nyigba la dzi, eye Aƒetɔ na ya ƒo tso ɣedzeƒe va anyigba la dzi ŋkeke blibo kple zã blibo. Kaka ŋu nake la, ya la lɔ ʋetsuviwo va kɔ ɖi.