Exodus 10:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wonye tsyo anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba megale dzedzem o; woɖu gbe me nu miemiewo katã kple kutsetse, siwo kpetsia tso ɖi, eye aŋgba mumũa ɖeke megale atiwo kple gbe me nu miemiewo dzi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wonyè tsyɔ anyigba la katã dzi ale gbegbe be afi sia afi biã hẽe. Woɖu nu miemíe kple kutsetse siwo katã kpetsi la tso ɖi la, ale be aŋgba kple gbe mumu aɖeke megasusɔ ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi o.