Exodus 10:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye bene nava xlẽ nusiwo mewɔ Egiptetɔwo kple dzesi, siwo mewɔ le wo dome la, afia viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
To esia me nàva xlẽ nu siwo mewɔ Egiptetɔwo le woƒe anyigba dzi la afia viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, eye mi katã mianyae be nyee nye Aƒetɔ.”