Exodus 10:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mose ɖo eŋu be, “Kpao, ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayi hena vɔsa kple numevɔsa na Yehowa, míaƒe Mawu la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mose ɖo ŋu bena: Ele be, wò ŋuta hã natsɔ vɔsalã kple numelã na mí, bena míatsɔ wo ana Yehowa, mía Mawu la!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose ɖo eŋu nɛ be: “Ele be nàɖe asi le lã siwo míatsɔ asa vɔe kple esiwo miame na Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu na mí.