Exodus 10:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woayɔ wò aƒewo me, wò dumegãwo ƒe aƒewo me kple Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me, nu si mia fofowo loo alo mia tɔgbuiwo mekpɔ kpɔ, tso gbe si gbe wova anyigba sia dzi va se ɖe fifia o.’ ” Ale Mose trɔ dzo le Farao ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòayi ɖe wò xɔwo, ŋuwò mewo ƒe xɔwo kple Egiptetɔwo katã ƒe xɔwo me taŋ, nusi teƒe fofowòwo kple tɔgbuiwòwo mekpɔ kpɔ vaseɖe fifi, tso esime wova anyigba la dzi o. Tete wòtrɔ dzo le Farao gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woage ɖe wò xɔwo me, atra ɖe ŋuwòmewo kple Egiptetɔwo katã ƒe xɔwo me, ayɔ wo taŋtaŋ. Tso esime tɔ́wòwo kple tɔgbuiwòwo va anyigba sia dzi va se ɖe egbe kpa, womekpɔ esia tɔgbe kpɔ o.’ ” Tete wotrɔ dzo le Egipte Fiagã la gbɔ.