Exodus 10:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Farao ƒe aɖaŋudelawo va Farao gbɔ azɔ, eye wobiae be, “Ɖe nèdi be yeatsrɔ̃ mí gbidigbidia? Ɖe mènya be fifia gɔ̃ hã la, nu sia nu gblẽ le Egipte oa? Ɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Farao ŋu mewo gblɔ nɛ bena: Zi nenie gɔ̃ ame sia anye mɔ̃ anɔ mía ɖem? Ɖe asi le ameawo ŋu, be woaɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu! Mèle ekpɔm haɖe be, Egipte le gbagbãm oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egipte Fiagã la ŋumewo gblɔ nɛ be: “Va se ɖe ɣe ka ɣi koŋ ame sia anye mɔ̀ anɔ mía ɖem? Esi Egipte-dukɔ la gbã vɔ alea ɖe, mèkpɔe haɖe oa? Ɖe asi le wo ŋu bene woayi aɖasubɔ Aƒetɔ, woƒe Mawu la. Wò ŋutɔ kpɔ ale si Egipte dome gblẽ vɔ keŋkeŋ lae ɖa!”