Exodus 11:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ na Mose be, “Magaɖo fuwɔame ɖeka pɛ ko ɖe Farao kple eƒe anyigba la dzi. Le esia megbe la, Farao aɖe asi le mia ŋu miadzo. Le nyateƒe me la, atsi dzi be miadzo ale gbegbe be wòanya mi le eƒe anyigba la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Esusɔ fuwɔame ɖeka mahe ava Farao kple Egiptetɔwo dzii; emegbe la aɖe asi le mia ŋu miadzo le afisia. Ke menye asi ko wòaɖe le mia ŋu o; boŋ anyẽ mi atso afisia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Esusɔ fukpekpe ɖeka mahe va Egipte Fiagã la kple Egipte dzi. Emegbe la, Fiagã la aɖe mɔ na mi miadzo le afi sia. Ke menye asi ko wòaɖe le mia ŋu o; mia nyà ge wòala miadzo le afi sia.