Exodus 11:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutsuvi tsitsiwo katã aku le ƒome ɖe sia ɖe me le Egipte, tso Farao ƒe viŋutsu tsitsitɔ, ame si aɖu fia ɖe eteƒe la dzi va se ɖe eƒe kluvi gblɔetɔ kekeake ƒe viŋutsu tsitsitɔ dzi. Gawu la, lãwo gɔ̃ hã ƒe ŋgɔgbeviwo hã aku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye ŋgɔgbeviwo katã aku le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si ava no eƒe zi dzi la dzi vaseɖe kosi, si le teƒo, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe le anyigba la dzi aku; tso Egipte Fiagã la vi gbãtɔ si ava zi dzi ɖe tɔ́a yome dzi va se ɖe kosi si le teƒo la ƒe ŋgɔgbevi dzi. Nenema ke lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã hã aku.