Exodus 11:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ke avu aɖeke mawó gɔ̃ hã ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu o, eye woƒe lã aɖeke hã maku o.’ Ekema mianya be Yehowa de vovototo Egiptetɔwo kple Israelviwo dome!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke avũ mawo ɖe ame alo lã ŋu le Israel-viwo katã dome o, bena mianyae be, Yehowa de vovo Egiptetɔwo kple Israel-viwo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke le Israelviwo gbɔ la, ame o alo lã o, avu gɔ̃ hã mate gbe ɖe wo ŋu o. To esia me miadze sii be Aƒetɔ dea vovototo Egiptetɔwo kple Israelviwo dome.