Exodus 11:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wò aɖaŋudela siawo katã aƒu du ava tum, woade ta agu, eye woaƒo koko be, ‘Míeɖe kuku, midzo enumake, eye mikplɔ miaƒe amewo katã dzoe.’ Nya sia koe adzɔ hafi madzo!” Mose do dɔmedzoe, eye wòdzo le fiasã la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe ŋutiwò me siawo katã ava gbɔnye, eye woade ta agu nam agblɔ bena: Wò ŋutɔ kple amesiwo katã le ŋuwò la, miyi! Emegbe hafi madzo Eye wòdzo le Farao gbɔ kple dziku gã ŋutɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekema ŋuwòme siawo katã ava gbɔnye, ade ta agu nam, agblɔ be: ‘Wò ŋutɔ kple wò ameawo katã midzo yi!’ Emegbe madzo.” Mose dzo le Egipte Fiagã la ŋkume kple dziku gã ŋutɔ.