Exodus 12:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ʋu, si anɔ xɔ, siwo me miele la ŋu la, ade dzesi mi; elabena ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti, eye tuwɔamea ɖeke magblẽ mi, ne meyina Egiptetɔwo wu ge o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ʋu si anɔ aƒe siwo me miele ƒe ʋɔtrutiwo ŋuti la ade dzesi mi, ale be ne mekpɔ ʋua ko la, mato mia ŋu ayi, eye fukpekpe si ava Egiptetɔwo dzi la matsrɔ̃ miawo ya o.