Exodus 12:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodziŋkeke na Aƒetɔ tso dzidzime yi dzidzime; nezu ɖoɖo na mi tegbee.”