Exodus 12:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre. Le ŋkeke adreawo katã me la, ele be miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã ko. Woaɖe ame sia ame si agbe se sia dzi wɔwɔ le ŋkeke adreawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã me la le Israelviwo ƒe hame.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋkeke adre sɔŋ mianɔ abolo maʋamaʋã ɖum; tso ŋkeke gbãtɔ dzi ke miaɖe amɔwɔ ʋaʋã ɖa tso miaƒe xɔwo me, elabena amesi ke agaɖu abolo ʋaʋã tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke adrelia dzi la, woaɖee ɖa le Israel-viwo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Miaɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolo la ŋkeke adrẽ. Tso ŋkeke gbãtɔ dzi la, ele be miaɖe amɔwɔʋãnu ɖe sia ɖe ado goe le miaƒe aƒewo katã me. Ame sia ame si aɖu nane si me amɔwɔʋãnu le tso ŋkeke gbãtɔ yi ɖase ŋkeke adrẽlia dzi la, woaɖee ɖa le Israelviwo dome.