Exodus 12:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ dzi la, ameha la katã ade takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke siawo dzi o, negbe nuɖaɖa ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ŋkeke gbãtɔ dzi miawɔ takpekpe kɔkɔea de, eye le ŋkeke adrelia dzi hã miawɔ takpekpe kɔkɔea ɖe. Migawɔ dɔa ɖeke le wo dzi o, negbe nusi amesiame aɖu la, eya ko miaɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, miwɔ subɔsubɔ takpekpe kɔkɔe, eye migawɔ nu bubu aɖeke le ŋkeke adrẽlia hã dzi o. Ame aɖeke mawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke eve mawo dzi o, negbe nu si miaɖu gbe ma gbe ko miaɖa.