Exodus 12:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miɖo ŋku abolo maʋamaʋã la dzi, elabena gbemagbe mekplɔ miaƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi. Eyata mido ŋku ŋkeke sia dzi, be wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo tegbee!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miɖo ŋku amɔ maʋamaʋã bolo ŋkeke sia dzi ɖaa, elabe ŋkeke ma dzie mekplɔ miaƒe dukɔ la ƒe amehawo dzoe le Egipte-nyigba la dzi. Anye ŋkekenyui na mi, mianɔ ɖuɖum ƒe sia ƒe tso dzidzime yi dzidzime.