Exodus 12:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mitsyɔ alẽvi la ƒe ʋu ɖe gagbɛ aɖe me. Minyrɔ kakle ɖe ʋu la me, eye miatsɔe asisi ʋu la ɖe ʋɔtruti la tame kple eƒe axawo dzi, ale be ʋu nanɔ ʋɔtrutiawo ŋu. Mia dometɔ aɖeke mado go le xɔ me le zã ma me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mitsɔ isop babla nyrɔ̃ ɖe ʋu, si le ze me la me, eye miatsɔ ʋu, si le zea me la, asisi ɖe ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti. Ke mia dometɔa ɖeke megado go le xɔ me ɖe ʋɔtru nu, vaseɖe ŋu nake o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mitsɔ hisɔptilɔ babla nyrɔ ɖe lãa ƒe ʋu me le agba si me ʋua le la me, eye miatsɔe asisi ɖe ʋɔtruti tsitrenutɔ eveawo kple wo tametɔ ŋuti. Ame aɖeke nagado go to ʋɔtrua nu o, va se ɖe esime ŋu nake,