Exodus 12:29 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le zã titina la Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si le eƒe zi dzi la dzi vaseɖe gatɔ, si le gaxɔ me la, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le zã titina la, Aƒetɔ wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi. Ewu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, tso Egipte Fiagã si le Egipte fiazikpui dzi la ƒe ŋgɔgbevi kple gaxɔmenɔla ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi.