Exodus 12:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Migblɔ na Israel-viwo ƒe ha blibo la katã bena: Le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la ŋutsu sia ŋutsu nalé alẽvi ɖeka; aƒe sia aƒe, si me aƒehánua le la, nalé alẽvi ɖeka.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Migblɔ na Israel-dukɔ blibo la be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu sia ŋutsu nalé alẽvi ɖeka; aƒe ɖeka, alẽvi ɖeka.