Exodus 12:31 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Farao yɔ Mose kple Aron le zã ma me, eye wògblɔ be, “Netsɔ, midzo le mía gbɔ, míeɖe kuku, mi katã midzo! Mia ŋutɔwo kple Israelviwo; miyi miasubɔ Yehowa abe ale si miebia ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòyɔ Mose kple Aron vɛ le zã me gblɔ bena: Netsɔ, midzo le nye dukɔ la dome, mia ŋutɔwo kple Israel-viwo; miyi ɖasubɔ Yehowa, abe alesi miegblɔ ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egipte Fiagã la yɔ Mose kple Aron vɛ le zã la me, eye wògblɔ na wo be: “Netsɔ! Midzo le nye dukɔ me, miawo ŋutɔ kple Israelviwo siaa. Miyi ne miaɖasubɔ Aƒetɔ abe ale si miegblɔ la ene.