Exodus 12:33 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kaba, abe ale si woate ŋui ene, elabena wogblɔ be, “Ne menye nenema o la, mí katã míele kuku ge.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Egiptetɔwo ƒo ɖu ɖe dukɔ la nu, be woadzo le anyigba la dzi kaba, elabena wogblɔ be: Mí katã miele kuku ge!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kabakaba. Wole ɣli dzi be: “Mí katã míele kuku ge!”