Exodus 12:39 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne wotɔ hena nuɖuɖu la, wowɔa abolo kple amɔ maʋamaʋã si wotsɔ ɖe asi la ŋu dɔ. Amɔ la meʋã o, elabena ɖe wonya wo le Egipte, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖeke ana woƒe amɔ naʋã woatsɔ ɖe asi na mɔzɔzɔ la o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsɔ amɔwɔ, si wotsɔ tso Egipte la, ƒo akaklãe, ke meʋã o, elabena esi wonyã wo tso Egipte la, womete ŋu ta ɖi, ne woaɖa nu aɖo asi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wotsɔ amɔwɔ maʋamaʋã si wotsɔ tso Egipte la me aboloe, ke amɔwɔ la meʋã o, elabe Egiptetɔwo nyà wo dzoe kpata, eye womete ŋu wɔ amɔwɔ ɖi wòʋã wotsɔ ɖe asi o. Nenema ke womekpɔ ɣeyiɣi di nuɖuɖu ɖe asi hafi tso o.