Exodus 12:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne aƒekɔ aɖe le sue akpa na alẽvi blibo ɖeka ɖuɖu la, woama alẽvi la kple woƒe aƒelika si te ɖe wo ŋu wu le woƒe agbɔsɔsɔ nu. Ele be miabu alẽvi siwo ŋu dɔ woawɔ la ŋu le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ nu, ɖe nu si ame sia ame aɖu la nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne aƒea ɖe me tɔwo mesɔ gbɔ ate ŋu aɖu alẽvi ɖeka o la, ekema woakpe ɖe woƒe aƒelika, si te ɖe woƒe aƒe ŋu la miti, alesi wòasɔ gbɔ, be alẽvi ɖeka nade wo nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne aƒe aɖe me tɔwo mesɔ gbɔ ate ŋu aɖu alẽvi ɖeka o la, woaƒo ƒu kple woƒe aƒelika be woasɔ gbɔ, eye alẽvi ɖeka nade wo nu.