Exodus 12:42 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa tia zã sia be yeaɖe yeƒe amewo tso Egiptenyigba dzi, eya ta wòna zã sia zu gbe si gbe Israelviwo katã aɖu ale si Yehowa ɖe woe la ƒe ŋkekenyui ƒe sia ƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata wodɔa ŋu na Yehowa le zã ma me, elabena ekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi. Esia enye zã, si me Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo katã anɔ ŋu dom na Yehowa le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ nɔ ŋu zã blibo ma be yeakplɔ wo dzoe le Egipte-nyigba dzi. Zã ma va zu ŋudɔzã tɔxɛ si me Israelviwo katã dɔa ŋu tsɔna dea bubu Aƒetɔ ŋu, tso dzidzime yi dzidzime.