Exodus 12:48 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne amedzro siwo le mia gbɔ di be yewoaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kpli mi la, mina woƒe ŋutsuwo katã natso aʋa, ekema woate ŋu aɖui kpli mi. Ekema woazu abe ɖe wodzi wo ɖe mia dome ene. Ke bolotɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖu ŋutitotolẽvi la o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne amedzroa ɖe le gbɔwò, le didim be, yeaɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa la, ekema wo dome ŋutsu sia ŋutsu natso aʋa, hafi woate va aɖui, eye woabui abe dumevi ene; ke bolobolotɔa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne amedzro aɖe le gbɔwò, si di be yeaɖu Paska la la, ele be woatso aʋa na ŋutsu ɖe sia ɖe si le esi la hafi wòava ɖui. Ekema woabui abe Israel vidzidzia ene. Ke bolobolotɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖu Paska la o.