Exodus 13:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Megale egblɔm na mi be ele be ŋkekenyui sia ɖuɖu nade dzesi mi abe Yehowa ƒe amewo ene, abe ɖe wòtsɔ eƒe nutɔnyenye ƒe dzesi ɖo ŋgonu na mi ene. Enye ŋkuɖodzi be Yehowa tsɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mi tso Egiptenyigba dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòanye dzesi anɔ wò asi ŋu kple ŋgoblanu anɔ wò ŋgonu, elabena alɔ sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso Egipte.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia nye dzesi anɔ míaƒe asi ta kple ŋgoblanu anɔ míaƒe ŋgo nu, be Aƒetɔ ye tsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la kplɔ mí dzoe le Egipte.’ ”