Exodus 13:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Farao ɖe asi le ameawo ŋu be woadzo mlɔeba la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi o, togbɔ be eyae nye mɔ kpuitɔ hafi, elabena Mawu gblɔ be ne aʋa dzɔ ɖe wo kple Filistitɔwo dome la, woatrɔ ta me be yewoatrɔ, agbugbɔ ayi Egipte.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Farao ɖe asi le dukɔa ŋu la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi mɔ o, wònye eya tsɔ kpuie hafi. Elabena Mawu gblɔ be: Ne dukɔ la do go aʋli la, ave wo, eye woagbugbɔ ayi Egipte.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Egipte Fiagã la ɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi mɔ o, togbɔ be eyae tsɔ kpuie hafi. Elabe Mawu gblɔ be: “Ne woho aʋa ɖe wo ŋu la, woƒe susu ava trɔ, eye woagbugbɔ ayi Egipte.”