Exodus 13:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋkeke sia ɖuɖu anɔ na mi abe dzesi ene le miaƒe asiwo kple ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgonu, ale be Yehowa ƒe se la anɔ miaƒe nu me, elabena Yehowa kplɔ mi do goe le Egipte kple asi sesẽ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòanye dzesi na wò anɔ wò asi ŋu kple ŋkuɖodzinu anɔ wò ŋgonu, bena Yehowa ƒe se la nanɔ wò nu me, elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ wò tso Egipte.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋkeke nyui sia nanye ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgo nu, bene Aƒetɔ ƒe se la nanɔ mia nu elabe ŋusẽ triakɔ ŋutɔe wòtsɔ kplɔ mi dzoe le Egipte.