Exodus 14:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Gblɔ na Israelviwo be woatrɔ aɖo ta Pi Hahirɔt, le Migdol kple atsiaƒu la dome le Baal Zefon ŋgɔ, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la nu,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gblɔ na Israel-viwo bena, woatrɔ ava ƒu asaɖa anyi ɖe Pi-Haxirot gbɔ le Migdol kple ƒu la dome; miƒu asaɖa anyi ɖe Baal-Zefon kasa le ƒu la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Gblɔ na Israelviwo be woatrɔ va ƒu asaɖa anyi ɖe Pi-Haxirot gbɔ le Migdol kple ƒu la dome le Baal-Zefon kasa ɖe ƒua nu.