Exodus 14:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale tsi la gbugbɔ yi enɔƒe hetsyɔ tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo la, si dze Israelviwo yome ge ɖe atsiaƒu la me dzi. Wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye tsi la nyẽ zi va kpe, eye wòŋe ɖe tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo, siwo ti wo yome va ƒua me la dzi. Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tsia trɔ va tsyɔ tasiaɖamuawo, sɔdolaawo kple Egipte Fiagã la ƒe aʋakɔ si kplɔ Israelviwo ɖo yi ƒua me la katã dzi. Wo dometɔ ɖeka pɛ hã metsi agbe o.