Exodus 15:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Farao ƒe sɔwo, eƒe sɔdolawo kple woƒe tasiaɖamwo kplɔ wo ɖo to atsiaƒu la me. Ke Yehowa na tsigliawo mu gbagbã tsyɔ wo dzi, le esime Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to wo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena esi Farao ƒe sɔwo, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔɖolawo ge ɖe ƒua me la, Yehowa na ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi; ke Israel-viwo zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe esi Egipte Fiagã ƒe sɔwo, eƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ɖo ƒua me la, Aƒetɔ na tsi la tsyɔ wo dzi. Ke Israelviwo ya zɔ ƒuƒuiƒe to ƒua me do.