Exodus 15:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Mose kplɔ Israelviwo to Ƒu Dzĩ la nu, eye woyi Sur gbedzi. Wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔ tsi woano o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe Mose na Israel-viwo ho tso Avaƒu la nu heva Surgbedzi. Eye wozɔ gbea dzi ŋkeke etɔ̃, womekpɔ tsia ɖeke o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe Mose na Israel zɔ mɔ tso Aƒlaƒu la nu yi Sur-gbedadaƒo. Wozɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ le gbedadaƒo gake womekpɔ tsi aɖeke o.