Exodus 15:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui. Le Mara la, Yehowa de se siawo na wo be yeado woƒe ɖokuitsɔtsɔ na ye akpɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke eya do ɣli yɔ Yehowa, eye Yehowa fia aba ɖee, si wotsɔ ɖa ɖe tsi la me, tete wòtrɔ zu tsi nyui. Afima wòna se kple ɖoɖo wo le, eye afima wòɖo wo kpɔ le
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose do ɣli yɔ Aƒetɔ, eye Aƒetɔ fia ati aɖee. Esi wòtsɔ ati la da ɖe tsia me la, tsia trɔ zu tsi nyui. Afi mae Aƒetɔ na se kple ɖoɖo Israelviwo le. Afi mae wòdo wo kpɔ le.