Exodus 16:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mese Israel-viwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ la. Gblɔ na wo be: Fiẽ la miaɖu lã, eye ŋdi la miaɖu abolo aɖi ƒo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mese Israelviwo ƒe liʋiliʋĩlilĩ la. Gblɔ na wo be: ‘Le fiẽ me la, lã si miaɖu la ava na mi, eye etsɔ ŋdi la, miakpɔ abolo aɖu wòasu mi nyuie ne mianyae be nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la.’ ”