Exodus 16:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mose gblɔ na wo be, “Yehowa tɔ asi etsɔ dzi be wòanye dzudzɔgbe, wòanye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, eye wòle be míadzudzɔ tso míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eya ta miɖa nu wòasɔ gbɔ abe ale si miedi ene egbe, eye midzra esi asusɔ la ɖo ŋu nake ɖe edzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Etsɔ nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Yehowa. Nusi miatsɔ aƒo aboloe la, mitsɔe ƒoe, eye nusi miatsɔ aɖa la, miɖae; ke esi susɔ la, midzrae ɖo hena etsɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖo eŋu na wo be: “Aƒetɔ be: ‘Etsɔ nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Aƒetɔ. Nuɖuɖua ƒe akpa si miatsɔ ƒo aboloe la, mitsɔe ƒoe, eye esi miaɖa la, miɖae. Ke midzra esi asusɔ la ɖo na etsɔ.’ ”