Exodus 16:33 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Mose gblɔ na Aron be, “Tsɔ ze aɖe, eye nàdzidze mana lita ɖeka akɔ ɖe eme. Ekema, nàtsɔe ɖo Yehowa ŋkume be woadzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Mose gblɔ na Aron bena: Tsɔ zevia ɖe, eye nade man gomer ɖeka eme fũ, eye natsɔe ada ɖe Yehowa ŋku me, bena wòanɔ anyi hena miaƒe dzidzimeviwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose gblɔ na Aron be: “Tsɔ zevi nalɔ mana lita eve kɔ ɖe eme, eye nàtsɔe ɖaɖo Aƒetɔ ŋkume bene wòanɔ afi ma tso dzidzime yi dzidzime.”